John 18:3-11

3Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe asrafowo kple kpovitɔwo kpe ɖe Yuda ŋu bena woava lé Yesu. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔa me afi si Yesu le.

4Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi. Ezɔ ɖe ameawo dzi eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?” 5Woɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã le tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma. 6Esi Yesu gblɔ nya sia ko la, ameawo katã dze anyi.

7Yesu gabia wo ake be, “Ame ka tututu dim miele?”

Eye wogaɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”

8Yesu te gbe ɖe edzi na wo ake be, “Megblɔe na mi be, nyee nye esi, azɔ le esime wònye nye dim miele ta la, mina ame siawo ya nadzo le ŋutifafa me.” 9Yesu gblɔ nya sia bena wòwu nya si wògblɔ ɖi do ŋgɔ nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la ƒe ɖeke o.”

10Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔla.

11Yesu trɔ gblɔ na Petro bena, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”

Copyright information for EweBEE